Mark 13:3-13

Fukpekpewo ƒe gɔmedzedzea

(Mateo 24:3-14; Luka 21:7-19)

3Azɔ eyi ɖanɔ anyi ɖe Amitoa dzi afi si dzeŋgɔ bali si le toa kple Yerusalem dome. Petro, Yakobo, Yohanes kple Andrea koe nɔ egbɔ le afi sia. Ame siawo biae be, 4“Nu siwo nèbe wole dzɔdzɔ ge ɖe gbedoxɔa dzi ɖe ɣekaɣie woadzɔ? Míakpɔ dzesi aɖe do ŋgɔ si ana míanya be nu siawo le dzɔdzɔ gea?”

5Yesu gblɔ na wo be, “Migana ame aɖeke nable mi be miatra mɔ o. 6Ame geɖewo ava agblɔ na mi be yewoe nye miaƒe Mesia la, eye woakplɔ mi atra mɔe. 7Ne miese aʋawɔwɔwo kple aʋaɣliwo la, ŋɔ megadzi mi o. Ele be nu siawo tɔgbi nava eme gake nuwuwu la meɖo haɖe o.

8“Dukɔwo aho aʋa ɖe wo nɔewo ŋu, anyigba aʋuʋu le teƒe geɖewo eye gawu la, dɔ ato le teƒe aɖewo, gake esiawo katã anye kpɔkplɔyiɖeme na fukpekpe gã siwo le vava ge la ko.”

Yesu yi edzi be,
9“Miawo minɔ ŋudzɔ vevie, elabena woahe mi ayi ʋɔnudrɔ̃ƒewo eye woaƒo mi le ʋuƒoƒewo. Woahe mi ayi gɔvinawo kple fiawo gbɔe le nye ŋkɔ la ta ke migblɔ nyanyui la na wo. Woahe nya ɖe mia ŋu le gɔvinawo kple fiawo ŋkume, be mienye yoyemedzelawo ta. Gake mele egblɔm na mi bena esiae nye munɔkpɔkpɔ nyuitɔ be miagblɔ nyanyui la na wo. 10Elabena ele be dukɔ ɖe sia ɖe nase nyanyui la hafi nuwuwu ŋkekea naɖo. 11Nenye be wolé mi yi ʋɔnui la, migatsi dzi kura le nya siwo miatsɔ aʋli mia ɖokuiwo tae la ŋu o. Migblɔ nya sia nya si Mawu de nu na mi la ko, elabena menye mia ŋutɔwoe le nu ƒo ge o, ke boŋ Gbɔgbɔ Kɔkɔe lae.”

12Yesu yi edzi be, “Le ɣeyiɣi siawo me la, nɔvi ŋutɔ kura ahe nɔvia de ku me. Fofowo ade woawo ŋutɔ viwo asi, eye viwo hã ade woawo ŋutɔ fofowo asi be woawu. 13Ke miawo la, ame sia ame alé fu mi elabena mienye tɔnyewo. Gake meka ɖe edzi na mi be, ame siwo katã ado dzi va se ɖe nuwuwua eye womagbe nu le gbɔnye o la akpɔ ɖeɖe.

Copyright information for EweBEE